1 Kings 2:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Enya nusi Yoab, Zeruya vi la wɔm, nusi wòwɔ Israel ƒe aʋafia eveawo Abner, Ner vi, kple Amasa, Yeter vi la, amesiwo wowu, eye wòbia hlɔ̃ ɖe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le aʋa me la nu le ŋutifafaɣi, eye wòna aʋaʋu ƒo eƒe alidziblanu, si le eƒe ali, kple afɔkpa, si le eƒe afɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nya ɖeka gali: èɖo ŋku nu si Yoab, Zeruya vi wɔm to Israel ƒe aʋakplɔla eve, Abner, Ner vi kple Amasa, Yeter vi, wuwu me dzie! Èɖo ŋku ale si wòwu wo le ŋutifafaɣi be hlɔ̃ yebia wo, le ale si woawo wu amewo le aʋagbedzi ta la, dzie? Ewu ame maɖifɔ mawo; ena ʋu maɖifɔ ƒo alidziblanu si le nye ali kple afɔkpa si le nye afɔ.