1 Kings 2:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, Benyamintɔ Simei tso Baxurim le gbɔwò; eyae ɖi gbɔm vevie le gbesigbe meyina ɖe Maxanayim, ke eva kpem le Yordan nu, eye mefa Yehowa nɛ gblɔ bena: Nyemawu wò kple yi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame ɖeka hã gali: eyae nye Simei, Gera vi, tso Baxurim le Benyamin-nyigba me. Gbe si gbe meyina ɖe Maxanaim la, eva dzum, do vlom vevie. Gake esi metrɔ gbɔna la, eva kpem le Yordan-tɔsisi nu eye metà Aƒetɔ nɛ be: ‘Nyemawu wò kple yi o.’