1 Kings 20:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Mawu ƒe ame va gblɔ na Israel-fia bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Aramtɔwo be Yehowa enye to dome mawu, eye menye gbadzaƒe-mawu o la, eyata matsɔ ameha gã geɖe sia ade asi na wò, ne miadze su be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Mawu ƒe ame aɖe va afi ma. Ete ɖe Israel-fia ŋu, eye wògblɔ na fiaa be: “Aƒetɔ Mawu be: ‘Esi Siriatɔwo be nye, Aƒetɔ la towo dome Mawu menye, nyemenye gbadzaƒe Mawu o ta la, mahe ameha gbogbo sia ade asiwò me, eye eme akɔ na mi be nyee nye Aƒetɔ.’ ”