1 Kings 20:39 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esime fia la va yina la, edo ɣli gblɔ na fia la bena: Wò dɔla yi ana la me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe va hekplɔ amea ɖe vɛ nam gblɔ nam bena: Dzɔ ŋutsu sia ŋu, ke ne ebu la, woatsɔ wò agbe aɖo eƒe agbe teƒe, alo nada klosalo talento ɖeka aɖo eteƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi fia va yina la, edo ɣli gblɔ na fia be: “Menɔ aʋagbea dzi le akpa si aʋaa nu sẽ ŋutɔ le la. Kasia, aʋawɔla aɖe kplɔ ŋutsu aɖe vɛ nam, gblɔ kpe ɖe eŋu be: ‘Dzɔ ame sia ŋu. Ne wova dii do kpo la, woatsɔ wò agbe aɖo etɔ teƒe, alo woaxɔ klosaloga akpe etɔ̃ le asiwò.’