1 Kings 21:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!” Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Axab gblɔ na Eliya be: “O! Nye futɔ, èva ke ɖe ŋunyea?” Eliya ɖo eŋu nɛ be: “Megava ke ɖe ŋuwò, elabe ètsɔ ɖokuiwò dzra be yeawɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume.