1 Kings 21:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Avuwo aɖu Ahab ƒe aƒemetɔ siwo aku ɖe dua me eye dziƒoxeviwo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Axab ƒe ame, si ke ku ɖe du me la, avũwo aɖui, eye eƒe ame, si ke ku ɖe gbe me la, dziƒoxewo aɖui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne Axab ƒe ame aɖe ku le Yezreel-du me la, avuwo aɖu eƒe kukua, eye ne Axab ƒe ame aɖe ku le gbedzi la, dziƒoxeviwo aɖu eƒe kukua.”