1 Kings 22:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi sia me Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye “Nyagblɔɖilawo” katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat, wo dometɔ ɖesiaɖe do fiawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le teƒea ɖe le Samaria ƒe agbo nu, eye nyagblɔɖilawo katã le nya gblɔm ɖi le wo ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia eveawo, Israel-fia kple Yosafat, Yuda-fia, dometɔ ɖe sia ɖe do fiawu, bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi. Wole teƒe aɖe le lugbɔƒe le Samaria-du ƒe agbo nu eye gbeƒãɖelaawo katã le wo ŋkume le gbeƒã ɖem.