1 Kings 22:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Zedekiya, Kenaana vi, tsɔ ga wɔ lãdzowo gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esiawo natsɔ atu Aramtɔwo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zedekiya, Kenaana vi, tsɔ ga wɔ lã ƒe dzowo ɖe asi, eye wògblɔ be: “Aƒetɔ be: ‘Esiawoe nàtsɔ tu Siriatɔwo va se ɖe esime woatsrɔ̃ avɔ ɖa.’ ”