1 Kings 22:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si yi ɖayɔ Mikaya la gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be, àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nya nyui aɖe agblɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dɔla, si yi Mixa yɔ ge la, ƒo nu kplii gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe gbe sɔ, wogblɔ nya nyui na fia la; eyata wò hã wò nya nenɔ abe wo dometɔ ɖeka ƒe nya ene, eye ƒo nu nyuie.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amedɔdɔ si yi Mixa yɔ ge la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, gbeƒãɖelaawo ƒe gbe sɔ: wo katã wogblɔ nya nyui na fia la; nà wò nya nanɔ abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene eye nàgblɔ nya nyui.”