1 Kings 22:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-fia gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Mienyae be, Ramot le Gilead nye mía tɔ oa? Ke míezi kpi gbe exɔxɔ le Aram-fia si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel-fia gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Mienya be Ramot, si le Gilead la, mía tɔe gake míexɔe le Siria-fia si oa?”