1 Kings 22:35 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, eye eƒe ʋu nɔ ɖuɖum ɖe tasiaɖam la me; ke le fiẽ me la, eku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aʋa la nu sẽ gbemagbe, eye wòlé fia la ɖe tsitrenu tasiaɖam la me le Aramtɔwo kasa; ke le fiẽ me la eku, eye ʋu la ɖuɖu ɖe tasiaɖam la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋa la nu sẽ ŋutɔ gbe ma gbe, ale ɖe wolé Israel-fia la ɖe tsitrenu le eƒe tasiaɖam la me wòdze ŋgɔ Siriatɔwo. Eƒe ʋu ɖuɖu ɖe tasiaɖam la me fũu. Le fiẽ me la, eku.