1 Kings 22:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yuda fia Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na Yosafat bena: Avi aʋa kplim le Ramot le Gilead a? Yosafat ɖo ŋu na Israel-fia bena: Mele abe wò ene, nye dukɔ le abe wò dukɔ ene, eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wòbia Yosafat be: “Àyi aʋa kplim le Ramot-Gilead mahã?” Yosafat ɖo eŋu na Israel-fia be: “Nye kple wòe; nye amewo nye wò amewo, eye nye sɔwo nye wò sɔwo.”