1 Kings 3:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la gblɔ be, “Tsɔ ɖevi gbagbea na nyɔnu si di be ɖevia nanɔ agbe, elabena eyae nye ɖevi la dada!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la xɔ edzi gblɔ bena: Mitsɔ ɖevi gbagbe la nɛ, eye migaxawui o, eyae nye dada.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete fia la ɖo eŋu gblɔ be: “Mitsɔ vi gbagbe la na nyɔnu gbãtɔ; eye migawui kura o, eya nye nɔa.”