1 Kings 5:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Meɖe kuku na wò be nàkpe ɖe ŋunye le dɔ sia wɔwɔ me. Ɖo wò atitsolawo ɖe Lebanon towo dzi be woatso sedatiwo nam. Maɖo nye amewo ɖa woawɔ dɔ kple tɔwòwo. Maxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la na wò amewo. Wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke mele Israel si ate ŋu adze ati abe Sidontɔwo ene o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye tasiaɖam ŋu sɔ akpe blane kple sɔdola akpe wuieve le Salomo si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta na woatso sedertiwo nam le Lebanon. Wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke mele mía gbɔ le afii si nya nu le atitsotso ŋu abe Sidontɔwo ene o. Madɔ amewo ɖa woava kpe ɖe wò ameawo ŋu le dɔa wɔwɔ me, eye maxe home si nàdi be wonexe na wò ameawo la na wo.”