1 Kings 6:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Le gbedoxɔ si tum nèle ŋu la, ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, nèwɔ nye kɔnuwo dzi, ne èlé nye sewo me ɖe asi eye nèwɔ wo dzi la, ekema mato dziwò awɔ ŋugbe si medo na fofowò, David la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Etu xɔ sia nam; ne èzɔ le nye ɖoɖowo nu, ewo nye kɔnuwo dzi, eye nèlé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya, si megblɔ na fofowò Dawid la, dzi na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Èwɔ nuteƒe be nèle xɔ sia tum nam. Ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, wɔ nye kɔnuwo dzi, lé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya si megblɔ na tɔ́wò David la dzi na wò.