1 Kings 7:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ kpe siwo woɖo atsyɔ̃ na la ɖo gli kpui aɖe ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ la eye le gli kpui la tame la, wotsɔ sedati si ŋuti woƒlɔ wòzrɔ̃ nyuie la ɖo ɖe etame abe ale si wowɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu emetɔ kple eƒe akpata me la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ kpe fufuwo ɖo amii etɔ, siwo dzi wotu sedertiwo ɖo, abe alesi wòle Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu emetɔ kple fiasã ƒe akpata ŋu ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le gli si woɖo ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ gome la, woɖo kpe fúfu gãawo amli etɔ̃ kpe ɖo, tu sederti gã siwo wokpa ɖe dzogoe ene me la ƒe lalãwo ɖe wo dzi, gaɖo kpe amli etɔ̃, gaɖo sederti lalãwo wo dzi. Nenema sɔŋ woɖo gli lae va se ɖe esime wòflɔ. Gli ma ƒomevi kee woɖo ƒo xlã fiasã la ƒe xɔxɔnu; eƒomevi kee ƒo xlã Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu emetɔ kple fiasã la ƒe akpata hã.