1 Kings 7:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woyɔa fiasã la ƒe xɔ ɖeka be, “Lebanon ƒe Avexɔ.” Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo nɔ sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Etu Libanon-avexɔ la wòdidi abɔklugui alafa ɖeka, keke abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui blaetɔ̃; sɔti, siwo nye sedertiwo la, la agbaka ene me, eye woda sederti ɖe wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔwo sɔ gbɔ le fiasã la me. Wotsɔ ŋkɔ na ɖeka be Lebanon-ve ƒe Xɔgã. Xɔ sia didi meta bla ene vɔ ene, keke meta bla eve vɔ eve, eye wòkɔ meta wui ene kple afã. Sederti titri gbaka etɔ̃e nye sɔtiwo le xɔa me, eye sederti wui atɔ̃ le gbaka ɖe sia ɖe me. Woda sederti titri bubuwo ɖe sɔti siawo dzi, eye wowɔ xɔa ƒe dzisasrã ɖe wo dzi.