1 Kings 7:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsyɔ nu zɔawo nu. Nutsyɔnuawo do ɖe dzi sentimita blaene-vɔ-atɔ̃ eye wogabi do ɖe anyigba le eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe kɔ, si le anyinɔa titina le eta me la, kɔ abɔklugui ɖeka, eye eto le tegblẽ keke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wodo atsiã ɖe eto hã, ke etowo mele tegblẽ o, ke boŋ wole dzogoe ene me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖe do goto aɖe ɖe anyinɔa dzi. Wowɔ do sia to wòkɔ dzi. Teƒe kɔdzi siae nye anyinɔa me gago gã nɔƒe. Doa keke sentimeta bla ade vɔ ade. Teƒe kɔdzi la ya mele gotoo o, ke boŋ ele dzogoe ene me. Woɖe nutatawo ɖe ekɔgo kpe ɖo.