1 Kings 7:51 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la nu mlɔeba la, Fia Solomo tsɔ klosalo kple sika kple nu siwo katã ŋu fofoa, Fia David, kɔ hena gbedoxɔ la, da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi dɔ blibo, si fia Salomo wɔ le Yehowa ƒe aƒe la, wu enu la, Salomo tsɔ nusiwo ŋu fofoa Dawid ko, siwo nye klosalo kple sika kpakple miawo, da ɖe Yehowa ƒe xɔ la ƒe nudzraɖoƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alea ye dɔ siwo katã fia Salomo wɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu wu nu nye esi. Etsɔ nu siwo katã ŋu tɔ́a David kɔ̀ siwo nye klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnuawo la va dzra ɖo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒe la.