1 Kings 7:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woyɔ xɔ bubu be Sɔtiwo Ƒe Xɔ. Edidi mita blaadre-vɔ-etɔ̃ eye wòkeke mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata aɖe nɔ ŋgɔ na xɔ sia. Wogba akpata sia ɖe sɔtiwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtu sɔtiwo ƒe akpata la wòdidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wokeke abɔklugui blaetɔ̃, eye wògatsɔ sɔtiwo tu akpata ɖe enu, si nu woɖo atrakpuii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogatu xɔ bubu si wòyɔ be Sɔtiwo ƒe Xɔgã. Xɔ sia didi meta bla eve vɔ eve, eye wòkeke meta wui ene kple afã. Woɖo sɔtiwo ɖe xɔ gã la ŋkume, gba wo tame ale be afi ma zu akpata ƒomevi aɖe, eye wowɔ avɔgbadɔ aɖe hã tsɔ wu enu. Avɔgbadɔa kple akpata la me nàto hafi age ɖe Sɔtiwo ƒe Xɔgã la ŋutɔ me.