1 Kings 7:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Solomo tu eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe xɔ sia megbe. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu eye wòtu akpata aɖe ƒo xlãe. Egatu xɔ sia tɔgbi tututu ɖe fiasã la me na Fia Farao ƒe vinyɔnu, ame si nye srɔ̃awo dometɔ ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtu xɔ, si me eya ŋutɔ anɔ la, ɖe xɔxɔnu bubu ɖe akpata la megbe abe esia ke ene; eye Salomo tu xɔ abe akpata sia ke ene, na Farao-vinyɔnu, si wòɖe la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔ si nye Salomo ŋutɔ ƒe nɔƒe koŋ la le xɔxɔnu bubu le ʋɔnudrɔ̃xɔa megbe. Wotui wòle abe Lebanon-ve xɔa ene tututu. Salomo tu xɔ ma ƒomevi ke na srɔ̃a si nye Egipte Fiagã vinyɔnu la hã.