1 Kings 8:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye David, ame si nye wò subɔla la dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò amesi dzra nya, si nègblɔ na wò dɔla fofonye Dawid la do; ègblɔe kple wò nu, eye nètsɔ wò asi wo edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Èwɔ ŋugbe si nèdo na tɔ́nye, wò dɔla David la dzi. Èdo ŋugbe nɛ kple nu, eye nètsɔ asi wɔ wò ŋugbedodo la dzi egbe.