1 Kings 8:44 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne èna wò amewo ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu eye wotrɔ mo ɖo ɖe Yerusalem, wò du tiatia la kple gbedoxɔ sia, si metu na wò ŋkɔ la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wò dukɔ ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu le mɔ, si dzi nèdɔ wo ɖo, eye woaɖo gbe ɖa na Yehowa aɖo ɖe du, si nètia kple xɔ, si metu na wò ŋkɔ dzi la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne wò dukɔ ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu, eye afi ka kee wole o, wotrɔ mo ɖe du sia si nètia na ɖokuiwò la gbɔ kple gbedoxɔ sia si metu na wò la gbɔ hedo gbe ɖa na wò la,