1 Kings 8:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Solomo kple Israelviwo katã ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu axlẽ o la sa vɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia Salomo kple Israel-ameha blibo, si kpe ta de egbɔ la, le eŋu le aɖaka la ŋgɔ hetsɔ alẽwo kple nyiwo sa vɔe; wosɔ gbɔ, ale be womexlẽ wo alo bu wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia Salomo kple Israel-dukɔ blibo la va ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la gbɔ, tsɔ alẽwo kple nyiwo vɛ fũu va sa vɔ. Lãawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womete ŋu xlẽ wo o.