1 Kings 8:58 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ŋutɔ nanyɔ didi le mía me be, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me eye míawɔ eƒe se kple ɖoɖo siwo wòna mía tɔgbuiwo la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne wòatrɔ míaƒe dziwo ɖe eɖokui ŋu, be miazɔ eƒe mɔwo katã dzi, eye míalé eƒe sewo, dodowo kple kɔnuwo, siwo wògblɔ na mía fofowo la me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nehe míaƒe susuwo ɖe eɖokui ŋu, be míaƒe zɔzɔme nanɔ abe ale si wòdi ene, be míazɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo wòna wofia mía tɔgbuiwo la nu.