1 Kings 8:59 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, míaƒe Mawu la nena nye gbedodoɖa sia me nyawo nanɔ eƒe ŋkume zã kple keli ale be wòakpe ɖe nye kple Israel blibo la ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nye nya, siwo metsɔ ƒo koko le Yehowa ŋku me la, nanɔ Yehowa, mía Mawu la ŋku me keli kple zã, ne wòatso na eƒe dɔla kple eƒe dukɔ Israel ɣeawokatãɣi, abe alesi wòhiã ene;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ƒe ŋku nenɔ gbe sia, si míedo ɖa nɛ kple kokoƒoƒo siawo, siwo metsɔ ɖo eŋkume la dzi zã kple keli. Eƒe dɔme netrɔ ɖe Israel-dukɔmetɔwo kple woƒe fia ŋu ɣe sia ɣi, be woƒe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nasu wo si.