1 Kings 9:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egatu du bubuwo, ɖewo nye nuɖuɖudzraɖoƒewo eye bubuwo nye tasiaɖamwo ƒe du, sɔdolawo ƒe du, hekpe ɖe xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
kple nudzraɖoƒexɔwo ƒe du, siwo katã le Salomo si, tasiaɖamwo ƒe du kple sɔdolawo ƒe du hekpe ɖe xɔ, siwo Salomo ɖi be, yeatu ɖe Yerusalem kple Libanon kpakple eƒe dziɖuƒe ƒe anyigba blibo la dzi la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Salomo tso nudzraɖoƒedu siwo katã nɔ esi la; etso duwo na eƒe tasiaɖamwo, duwo na eƒe sɔwo kple nu sia nu si wòdi be yeatu le Yerusalem, Lebanon kple anyigba siwo katã le eƒe dziɖuƒe me la.