1 Peter 2:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, eye migatsɔ ablɔɖe si miekpɔ la wɔ nuvɔ̃ɖii o, ke boŋ minɔ agbe abe Mawu ƒe kluviwo ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋutidɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene.