1 Peter 2:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mi dɔlawo la, mibɔbɔ mia dokui na miaƒe aƒetɔwo le vɔvɔ̃ katã me, menye na aƒetɔ nyuiwo kple ame fatuwo ɖeɖeko o, ke boŋ na dɔmevevitɔwo hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔlawo, mibɔbɔ mia ɖokui na miaƒe aƒetɔwo, eye mitsɔ bubu blibo na wo. Menye na aƒetɔ nyui fatuwo ɖeɖe ko o, ke boŋ mibɔbɔ mia ɖokui na esiwo nye dɔmeveveetɔwo hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu katã me, menye na esiwo nyo eye wobua mia ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ na esiwo nye tamesesẽtɔwo hã.