1 Peter 2:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ne woƒo mi le nuvɔ̃wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, adegbeƒoƒo ka wònye ma? Ke ne míekpe fu le nu nyui wowɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne miewɔ nu gbegblẽ aɖe, si ta woƒo mi ɖo, eye miedo dzi xɔ ƒoƒoa la, kafukafu kae le esia me na mi? Evɔ ne miewɔ nu nyui hekpe fu ɖe eta, eye miedo dzi tsɔe la, Mawu akpɔ ŋudzedze le mia ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta eye miedo dzi tsɔe? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi tsɔe la enye nudzeame le Mawu gbɔ.