1 Peter 2:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wonɔ fu wɔmee la, medo ŋɔdzi na ame aɖeke o, ke boŋ eɖo dzi ɖe Mawu, ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi woflɔ dzu ɖe edzi la, meɖo eŋu o, esi wokpe fu la meƒo fi de ame o. Ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.