1 Peter 3:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Srɔ̃nyɔnuwo, miawo hã mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo nenema ke, ale be miaƒe agbe nyui nɔnɔ natrɔ wo dome ame siwo mewɔa Mawu ƒe nya dzi o la, be woava xɔ edzi ase. Mahiã kura be miawo miake nu agblɔ nya aɖeke gɔ̃ hã o,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe,