1 Peter 3:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le te ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu, ke Aƒetɔ la tsia tsitre ɖe ame siwo wɔa nu vɔ̃ la ŋuti.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ la ƒe ŋku le nu dzɔdzɔe wɔlawo ŋu, eye wòke to ɖi, be yease nu siwo woabia la. Ke eklẽa ŋku ɖe nuvɔ̃ɖi wɔlawo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu eye eƒe towo le te ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu, ke Aƒetɔ la tsia tsitre ɖe ame siwo wɔa nu vɔ̃ la ŋuti. ”