1 Peter 3:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke miaƒe dzitsinya me nakɔ keŋkeŋ, ale be ame siwo ƒoa nu vlo le mia ŋuti le agbe nyui si nɔm miele le Kristo me ta la naɖu ŋukpe le woƒe ameŋugblẽnyawo ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ke migbɔ dzi blewuu miawɔ esia kple bubu. Mina miaƒe dzitsinya navo, ale be ne wodzu mi la, ŋu nakpe ame siwo gblɔa nya vlo tso nɔnɔme nyui, si le mia si le hadede kple Kristo me la ŋuti.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke miwɔ esia le ɖokuibɔbɔ kple bubu me, eye miaƒe dzitsinya me nakɔ keŋkeŋkeŋ, ale be ame siwo ƒoa nu vlo le mia ŋuti le agbe nyui si nɔm miele le Kristo me ta la, naɖu ŋukpe le woƒe ameŋugblẽnyawo ta.