1 Peter 3:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Kristo hã ku ɖe amewo ƒe nuvɔ̃wo ta zi ɖeka ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Togbɔ be enye ame dzɔdzɔe hã la, eku ɖe nu madzɔmadzɔ wɔlawo ta be yeate ŋu akplɔ mí ayi Mawu gbɔe,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena Kristo ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka ame dzɔdzɔe, ɖe ame tovowo ta, be wòakplɔ mi ava Mawu gbɔe. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,