1 Peter 3:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋu la kpam. Ame ʋɛ aɖewo, ame siwo ƒe xexlẽme nye enyi ko woɖe le tsiɖɔɖɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woawoe nye ame siwo meɖo to Mawu ƒe gbe ɣe ma ɣi, esime Noa nɔ eƒe aɖakaʋu la kpam la o. Ke Mawu gbɔ dzi blewuu na wo. Ame ʋɛ siwo de enyi pɛ koe woxɔ ɖe agbe le tsiɖɔɖɔ la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋua kpam. Ame ʋee aɖewo koe woɖe le tsiɖɔɖɔ la me, wo katã nɔ luʋɔ enyi.