1 Peter 3:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo hã minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene míagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke mi srɔ̃ŋutsuwo hã, ne mia kple mia srɔ̃wo mieli la, mibu wo ŋu le miaƒe nuwɔnawo me elabe nyɔnuwoe wonye. Mibu wo, elabe mi kpakple woawo siaa nue Mawu ve be miava nɔ agbe. Ne miewɔ esia la, naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana sinye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.