1 Peter 4:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Susu sia ta wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be togbɔ be le woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena esia ta wogblɔ nyanyuie la fia ame kukuwo hã ɖo bena, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wo le amewo gome le ŋutilã me hã la, le Mawu gome la woano agbe le gbɔgbɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia ta gɔ̃ wogblɔ Nyanyui la na ame kukuwo hã ɖo, ale be togbɔ be woadrɔ̃ ʋɔnu wo le amegbetɔwo gome abe amegbetɔ ɖe sia ɖe ene hã la, le gbɔgbɔ gome la, woanɔ agbe abe Mawu ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Susu sia tae wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be, togbɔ be, le woƒe agbenɔnɔ le anyigbadzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me.