1 Samuel 1:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xana ɖe adzɔgbe gblɔ be: “Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ne àkpɔ wò nyɔnudɔla ƒe fukpekpe ɖa, eye àɖo ŋku dzinye, eye màŋlɔ wò nyɔnudɔla be o, eye àna viŋutsuvi wò nyɔnudɔla la, ekem matsɔe ana wò le eƒe agbenɔɣi katã. Talũhɛ aɖeke maka eƒe ta ŋu o.”