1 Samuel 1:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia ɖo gbe ɖa na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xana gblɔ nɛ be: “Amegã, taflatsɛ, èkpɔm dze sia? Nyee nye ame si va tsi tsitre ɖe ŋkuwò me afii kpɔ, nɔ gbe dom ɖa na Aƒetɔ.