1 Samuel 1:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ ƒè sia ƒè la, Elkana tsoa wo dedu me yia Silo ɖasubɔna eye wòsaa vɔ na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la. Silo, afi siae Eli viŋutsuvi eveawo, Hofni kple Pinehas, nye Aƒetɔ ƒe nunɔlawo le.