1 Samuel 10:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsu aɖe si nɔ ameawo dome la ɖo eŋu be, “Eye ame kae nye wo fofo?” Ale nya sia zu lodonya be, “Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete amea ɖe ɖo ŋu le afima bena: Ameka nye woawo ya fofo? Eyata wòtrɔ zu lodonya be: A, Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsu aɖe si tso dua me la bia be: “Ame ka gɔ̃e nye ame siawo tɔ́?” Esia va zu lo wodona le wo dome ɖaa be: “Saul hã ye le Mawu ƒe gbeƒãɖelawo domea?”