1 Samuel 10:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke egbe la, miegbe nye, miaƒe Mawu, si ɖe mi tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me la, eye miebiam be maɖo fia na yewo. Eya ta miva ɖo ɖe Aƒetɔ ŋkume ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu.’ ”