1 Samuel 10:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?” ’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne edzo le gbɔnye egbea la, ado go ŋutsu eve le Raxel ƒe yɔdo gbɔ le Benyamin-nyigba dzi le Zelzax, eye woagblɔ na wò bena: Wokpɔ tedzinɔ, siwo di ge neyi la, eye fofowò tasi tedzinɔwo ƒe nya hele nu xam le mia ŋu gblɔ bena: Nuka mawɔ le vinye ta?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne èdzo le gbɔnye egbe la, àkpɔ ame eve le Raxel ƒe yɔdo gbɔ le Zelzax le Benyamin-nyigba dzi. Woagblɔ na wo be: ‘Wokpɔ tedzinɔ siwo di ge nèyi la. Fifia la tɔ́wò megatsi dzi ɖe wo ta o, ke boŋ etsi dzimaɖi ɖe tawò le gbɔgblɔm be: ‘Nya ka dzɔ ɖe vinye dzi?’