1 Samuel 11:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe Amonitɔ Nahas ho va de to de Yabes-Gilead. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas bena: Bia nu kpli mí, ekema miasubɔ wò!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe ʋɛ la, Nahas, Amon-fia ho aʋa ɖe Yabes-du le Gilead-nutome ŋu eye eƒe asrafowo ɖe to ɖe dua. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas be: “Bla nu kpli mí ekema míana nàzu mía dziɖula.”