1 Samuel 11:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Saul kplɔ eƒe nyiwo tso agble gbɔna va aƒe me eye wòbia be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta ame sia ame la avi fam?” Wogblɔ nya si wose tso Yabes la nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Saul le nyiwo yome tso agble gbɔ. Tete Saul gblɔ bena: Nuka le dukɔ la wɔm wòle avi fam? Eye wòto Yabes-ŋutsuawo ƒe nyawo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣe ma ɣi me la, Saul kplɔ nyiwo tso gbedzi gbɔna dua mee. Ebia be: “Nya ka dzɔ amewo le avi fam ale?” Wogblɔ nya si Yabestɔwo tsɔ vɛ la nɛ.