1 Samuel 11:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ewu nyitsu eve, fli woƒe lã eye wòɖo lãkɔawo ɖe Israelnyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖe gbeƒã be, “Aleae woawɔ ame sia ame si madze Saul kple Samuel yome ayi aʋa o la ƒe nyitsue nye esi!” Yehowa na ameawo vɔ̃ Saul ƒe dɔmedzoe ale wo katã ƒo ƒu va Saul gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Enumake wòlé nyi eve heɖi, eye wòtsɔ wo ɖe amewo si ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi gblɔ bena: Ale woawɔ amesi metso dze Saul kple Samuel yome o la, ƒe nyiwo enye si! Tete Yehowa ƒe ŋɔdzi lé dukɔ la, eye woho zi ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Enumake wòlé nyi eve, fli wo kakɛkakɛe, eye wòtsɔ wo de amewo si be woatsɔ ayi Israel-nyigba ƒe akpa sia akpa. Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ame si metso va dze Saul kple Samuel yome yi aʋa o la, alea tututu woawɔ eya hã ƒe nyiwoe.” Israel-dukɔa vɔ̃ nu si Aƒetɔ awɔ, eya ta wo katã wodo bibibi.