1 Samuel 12:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wogado ɣli ɖe kuku na Yehowa eye woʋu eme be yewowɔ nu vɔ̃ esi yewotrɔ le Yehowa yome hesubɔ Baal kple Astarɔtwo. Woɖe kuku be, ‘Míasubɔ wò, míaƒe Mawu, ɖeɖe ko ne àɖe mí tso míaƒe futɔwo si me ko’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodo ɣli yɔ Yehowa gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, elabena miegblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baalwo kple Astartewo; azɔ ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, ekema miasubɔ wò!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodo ɣli yɔ Aƒetɔ gblɔ be: ‘Míewɔ nuvɔ̃ elabe míegblẽ Aƒetɔ ɖi, eye míesubɔ Baal kple nyɔnumawu Astarte ƒe legbawo. Ke azɔ la, ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me eye míasubɔ wò.’