1 Samuel 12:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne miatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu eye miagbe toɖoɖoe la, ekema eƒe asi asẽ ɖe mia dzi abe ale si wòsẽ ɖe mia tɔgbuiwo dzi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia dzi, abe alesi wòva mia fofowo dzi ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ne miase Aƒetɔ ƒe gbe o, ke boŋ miadze aglã ɖe eƒe seawo ŋu la, ekem Aƒetɔ ahe to na mi kple miaƒe fia la.