1 Samuel 12:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖe kuku na Samuel be, “Do gbe ɖa na Yehowa wò Mawu ɖe mía ta ne míagaku o elabena míetsɔ nu vɔ̃ si míewɔ to biabia be woaɖo fia na mí me la kpe ɖe míaƒe nu vɔ̃ bubuwo ŋuti.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete dukɔ la katã gblɔ na Samuel be: “Ðe kuku na Aƒetɔ, wò Mawu la, ɖe mí wò dɔlawo ta be míagaku o. Míekpɔe dze sii azɔ be míewɔ nuvɔ̃ɖi kpe míaƒe nuvɔ̃wo le esi míebia be woaɖo fia na mí ta.”